Matthew 5

Todzinyagbɔgblɔ

(Luka 6:20-23)

1Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe eye wònɔ anyi ɖe edzi. 2Eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo bena, 3Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi. 4Dzi nedzɔ mi, ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi! 5Dzi nedzɔ mi, ame siwo faa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.

6Dzi nedzɔ mi, ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo. 7Dzi nedzɔ mi, ame siwo le nublanui kpɔm na amewo la, elabena miawo woakpɔ nublanui na. 8Dzi nedzɔ mi, ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu. 9Dzi nedzɔ mi, ame siwo léa avu la elabena miawoe woayɔ be Mawu viwo. 10Dzi nedzɔ ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

11“Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye. 12Mikpɔ dzidzɔ eye miatso aseye! Elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema la yomee.

Dze kple kekeli

(Marko 9:50; Luka 14:34-35)

13“Miawoe nye anyigba ƒe dze Ke ne miebu miaƒe dzenyenye la nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖe ko watsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.

14“Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le todzi la o. 15Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe. 16Nenema ke mina mia ƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ eye woakafu mia Fofo si le dzifo.

Nufiafia le sedziwɔwɔ nyuitɔ ŋuti

17“Mise eme nyuie be, menye ɖe meva bena mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ gee meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu eye mafia woƒe nyateƒenyenye. 18Mele nyateƒea gblɔm na mi bena, zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le sea me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu. 19Eya ta ne ame aɖe da se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fia Mawu ƒe seawo eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. 20Mele nu xlɔ̃m mi be ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!

Nufiafia le hlɔ̃dodo ŋuti

21“Miese be wogblɔ na blematɔwo be, ‘mègawu ame o eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ 22Ke nye la mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la ayi dzo mavɔ ʋeme.

23“Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwo aɖe dome la, 24gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nàyi àɖe kuku na nɔviwò sia, eye nàdzra mi kplii dome ɖo hafi nàva sa vɔ na Mawu. 25Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã eye woade wò gaxɔ me. 26Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi eye pesewa afã hã masusɔ o.

Nufiafia le ahasiwɔwɔ ŋuti

27“Miese wogblɔ be, ‘megawɔ ahasi o.’ 28Gake nye ya mele egblɔm na mi bena, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzime. 29Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nàtsɔe aƒu gbe. Elabena enyo na wò be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 30Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nàtsɔ aƒu gbe. Elabena enyo be nàbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.

Nufiafia le srɔ̃gbegbe ŋuti

(Mateo 19:9; Marko 10:11-12; Luka 16:18)

31“Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe ye srɔ̃a la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’ 32Ke nye la mele egblɔm na mi bena, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi. Eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.

Nufiafia le atamkaka ŋuti

33“Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ, wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi.’ 34Gake nye ya, mele egblɔm na mi be: migata nu kura o! elabena ne ègblɔ be meta ‘Dziƒo’ la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe.

35“Eye ne, èta ‘Anyigba’ la, edze agɔ ake elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o! Elabena Yerusalem enye Fia gã la ƒe du. 36Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena màte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o. 37Kpuie ko la mina miaƒe ‘Ẽ’ nanye ‘Ẽ’, ‘O’ nanye ‘O’ nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.

Nufiafia le nu vɔ̃ teƒeɖoɖo ŋuti

(Luka 6:29-30)

38“Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ 39Ke nye ya mele egblɔ na mi be: Migaɖo vɔ̃, vɔ̃ teƒe o! Nenye be ame aɖe ƒo tome na wò la trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo. 40Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui be yeaxɔ wò awutewui la, na woaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu. 41Ne ame aɖe azi dziwò be nàzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zi kplii kilomita eve. 42Na nu ame si le nu biam wò eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la gbɔ o.

Lɔlɔ̃ na ame ƒe futɔwo

(Luka 6:27-28, 32-36)

43“Miese wogblɔ bena, ‘Lɔ̃ hawòvi eye nàle fu wò ketɔ.’ 44Ke nye la mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta! 45Be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi. 46Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui kae miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa:? 47Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa? 48Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.

Copyright information for EweBEE